Mark 2:1-12

Gbedada le lãmetututɔ aɖe ŋu

(Mateo 9:1-8; Luka 5:17-26)

1Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yesu gatrɔ yi Kapernaum. Esi wò ɖo afi ma la, eƒe ŋkɔ ɖi hoo le du bliboa me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. 2Medidi kura hafi aƒe si me wònɔ la yɔ fũ kple amewo o. Aƒea me yɔ ale gbegbe be nɔƒe aɖeke kura meganɔ anyi o. Yesu de asi mawunyagbɔgblɔ me na ameha la. 3Sẽ la, ŋutsu ene aɖewo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi gbɔna Yesu gbɔe. 4Ke le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, womete ŋu ɖo egbɔ tututu o. Le esia ta woyi ɖaɖe do ɖe xɔ si me Yesu nɔ la tame eye woɖiɖi dɔnɔa ɖɔɖɔɖɔ hedro ɖe ekɔme.

5Yesu kpɔ be ŋutsu eneawo xɔe se vevie be yeate ŋu akpe ɖe wo nɔvi la ŋu, eya ta egblɔ na dɔnɔa be, “Vinye wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò!”

6Ke Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo nɔ afi ma la gblɔ be, 7“Nu ka! Ame sia gblɔ busunya! Ɖe wòbu be Mawue yenyea? Menya be Mawu ɖeka hɔ̃ koe ate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake oa?”

8Yesu nya nu si bum ameawo nɔ eya ta egblɔ na wo enumake be, “Ale ke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea? 9Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na lãmetututɔ la be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò;’ loo alo woagblɔ nɛ be, ‘Tsi tre, tsɔ wò aba ne nàzɔ azɔlĩ’? 10Be miadze sii be wona ŋusẽ Amegbetɔ Vi la be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi.” Egblɔ na lãmetututɔ la be 11“Mele egblɔm na wo be tsi tre, tsɔ wò aba eye nàyi aƒeme!”

12Ŋutsua tsi tre enumake. Efɔ eƒe aba la, eye wòzɔ to nukpɔlawo dome dzo. Nukpɔlawo katã ƒe nu ku. Wokafu Mawu, eye wogblɔ be, “Míekpɔ naneke teƒe alea kpɔ o!”

Copyright information for EweBEE